1. Home
  2. Lyrics
  3. Noelie Elykem – Elykem Medleys (Lyrics)
Noelie Elykem – Elykem Medleys (Lyrics)

Noelie Elykem – Elykem Medleys (Lyrics)

2
0
Partager

Noelie Elykem – Elykem Medleys (Lyrics)
Yesu blema gakpe
Ewò yɔm míele
Satana gbeglem wòle

Yesu ƒe ŋkɔ la
Dziɖu ŋkɔ ye wònye
Le Yesu ƒe ŋkɔ mea
Klo sia klo ladze
Atsyiaƒu mli godo godo
Eƒu ke ladzi
Satana gbeglem wòle

Ne Mawu ateŋu aɖe Israel
Ne Mawu teŋu ɖe Yona
Ne Mawu ateŋu aɖe Daniel
Ɖe mateŋu aɖe Togo ya ma?

Mawu si ɖe Israel víwo tso farao asime
Ena wo nyrɔ ɖe aƒu dzĩa me keŋkeŋ
Ne Mawu teŋu ɖe Israel
Ɖe mateŋu aɖe míawo ya ma?

Yata mí yɔeko atɔ
Mí yɔeko atɔ
Nɔvi nye wò, mebe, mí doɣli yɔeko, atɔ namí
Mí yɔeko atɔ

Etɔna blema tɔwò
Atɔna míawò hã
Etɔna Israel víwo
Atɔna míawò hã

Ɖegbe le dziƒo
Ne anyigbã dzi na fa
Yehowa míe ɖekuku
Awo! ɖegbe le dziƒo loo

Ne anyigbã sia dzi lafa laa
Yehowa ye la ɖegbe
Ne dɔlelawo lafo laa
Yehowa ye la ɖegbe
Ne nutsifafa la va
Yehowa ye la ɖegbe

Yehowa míe ɖekuku
Awo! ɖegbe le dziƒo loo

Ɖegbe loo (3x)
Mía ƒe anyigbã dzi na fa

Agakpe ye nye Yehowa
Ewò me ye ame kɔkoe wò bena ɖo
Ewò me ye ame kɔkoe wò kpɔna dzidzeme le
Agakpe ye nye Yehowa

Agakpe ye nye Yehowa
Ewò me ye ame kɔkoe wò bena ɖo
Ewò me ye ame kɔkoe wò kpɔna dzidzeme le
Agakpe ye nye Yehowa

Fofo si ŋu ŋusẽ le (3x)
Magble mí ɖi akpɔ o
Fofo si ŋu ŋusẽ le

Eya yenye Alpha – Omega
Gɔme dzedze kple nuwuwu
Ele nuwu ge

Míe nɔ Betesda tɔ blu to
Eƒe blaetɔ̃ vɔ enyi.
Nye me kpɔ dɔyɔyɔ o
Nye me kpɔ dɔyɔyɔ o

Míe nɔ kluvi nyenye me
Eƒe geɖe wòeya
Mí me kpɔ dzidze me o
Nye me kpɔ dɔyɔyɔ o

Ne Mawu dɔla va blu tsi la
Nyemete ŋu dze na eme o
Ameaɖeke mele asinye o
Akɔm akɔ ɖeme o

Yesue hɔ nam (3x)
Ame mele asinye o ɖo

Visites : 1 Aujourd’hui | 2 Totales

Partager

LEAVE YOUR COMMENT

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *

Prouvez votre humanité: 9   +   7   =  

error: Droits d'auteur !!!